Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 5:11 - Agbenya La

11 Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke nye la, nɔviwo, ne megale gbe ƒã ɖem aʋatsotso la, nukaŋuti wogale yonyeme tima? Ekema woɖe atitsoga ƒe nuɖiaɖia ɖa tso.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 5:11
17 Mawu Ofanana  

eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli na Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi. Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo.


Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo.


Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o.


“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.”


Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm


ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o,


Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asi me ɣe sia ɣi?


Togbɔ be Tito, ame si le ŋunye nye Helatɔ hã la, womezi edzi be wòatso aʋa o.


O, mi Galatiatɔ bometsilawo! Ame kae flu mi? Miawo ŋutɔwoe wogblɔ Yesu Kristo ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe nya na.


Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã.


Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o.


Tso azɔ dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam le nu siawo ŋuti o, elabena Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa