Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 4:7 - Agbenya La

7 Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata meganye kluvi o, ke boŋ vi nènye; ke ne ènye vi la, ekema Mawu ƒe domenyila hã nenye le Kristo me.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 4:7
19 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”


Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.


Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi, gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe.


Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.


“Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.


Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.”


“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.


Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me,


Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.


Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo.


Ame si ɖu dzi la, anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa