Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 3:21 - Agbenya La

21 Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Azɔ la, ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti mahã? Gbeɖe! Elabena ɖe wona sea ɖe, si ate ŋu ana agbe la, anye ne se la me ke dzodzoenyenye la tso vavã.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 3:21
18 Mawu Ofanana  

Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”


Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


Mele alea o! Ne ele nenema la, aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee?


Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o.


Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi, siwo dzi mawɔmawɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o, gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo.


“Gake ne míedi be woatso afia na mí le Kristo me eye mí Yudatɔwo hã míele nu vɔ̃ wɔlawo dome ɖe, ɖe mefia be Kristo le nu vɔ̃ dzi dem o mahã? Gbeɖe!


“Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu.


Nyemegbe nu le Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, elabena ne míakpɔ dzɔdzɔenyenyenye to se la me la, ekema Kristo ku dzodzro!”


Nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ko ŋu. Eya me woto klã xexea me ɖe atitsoga ŋuti nam, eye woklã nye hã ɖe atitsoga ŋuti na xexea me.


To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.


Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o


(elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa