Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 1:8 - Agbenya La

8 Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu!

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 1:8
23 Mawu Ofanana  

egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.”


Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.” Ke ɖeko nyagblɔɖila tsitsi la blee.


Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm Nyagblɔɖilawo le na mi la o. Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu. Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la be ŋutegae yewokpɔ, ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.


Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo.


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.”


Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o.


Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.


Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe.


Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.


Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va!


Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.


Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”


Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.”


Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o,


Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.”


Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!


Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa