Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”
Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o.
Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.
natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.