Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Galatiatɔwo 1:14 - Agbenya La

14 Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye mede ŋgɔgbe le Yudatɔnyenye me wu nye hati geɖewo le nye dukɔ la dome, eye meɖikpi ʋã ŋu akpa le mía fofowo ƒe nuɖoanyiwo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Galatiatɔwo 1:14
15 Mawu Ofanana  

Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,


Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia, ke womaɖe vi aɖeke na mi o.


Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me. Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ”


Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.”


Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ,


megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi.


Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ.


“Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.


Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi.


“Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo.


Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o.


Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se, eye dzidzɔ manyagblɔ si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa