Galatiatɔwo 1:10 - Agbenya La10 Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191310 Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o. Onani mutuwo |
Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.