Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Filemon 1:16 - Agbenya La

16 Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?

Onani mutuwo Koperani




Filemon 1:16
10 Mawu Ofanana  

“Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.


Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”


Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ.


Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me.


Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.


Eya ta nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, apostolo kple nunɔlagã, ame si me mieʋu la dzi.


Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa