Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Filemon 1:14 - Agbenya La

14 Ke nyemedi be mawɔ nenema ne mèlɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nànyo dɔ me nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 gake esi nyemenya wò lɔlɔ̃nu o la, nyemedi be, mawɔ naneke o, bena wò nyuiwɔwɔ la nagato dzizizi me o, ke boŋ wòato lɔlɔ̃nu faa me.

Onani mutuwo Koperani




Filemon 1:14
10 Mawu Ofanana  

Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ wò amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ.


Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu.


Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam eya ta nyemate ŋu agbe o.


Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔ oa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano notsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o?


Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase. Ke medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi, nye dɔwɔhatiwo ne meva, menye be mana mialé blanui o.


Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.


Esia ta mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzi me, eye menye tso dzizizi me o.


Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa