Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Filemon 1:10 - Agbenya La

10 mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 mele kuku dem na wò de vinye Onesimo, si medzi le nye bablawo me la ta,

Onani mutuwo Koperani




Filemon 1:10
14 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo.


Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o.


Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene.


Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe.


Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba.


Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi.


Na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me: Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ gbɔ la nanɔ anyi kpli wò.


Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.


Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.


Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi.


Naneke medoa dzidzɔ nam wu be mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa