Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:28 - Agbenya La

28 Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 ŋku madzo le ŋkeke sia dzi o, eye woaɖui le dzidzimewo katã kple ƒomewo katã me le anyigbawo katã dzi kple duwo katã me; Purim-ŋkeke siawo nu matso le Yudatɔwo dome o, eye woƒe dzidzimeviwo ƒe ŋku madzo le edzi o.

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:28
9 Mawu Ofanana  

Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o.


Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi.


O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o.


Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo na dzidzime bubu, eye woatu xo le wò nu dzɔatsuwo ŋu.


“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime.


Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.


miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa