Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 9:27 - Agbenya La

27 Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Yudatɔwo ɖoe, eye wotsɔe wɔ kɔnu na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo kpakple amesiwo katã aku ɖe wo ŋu la be, woaɖu ŋkeke eve siawo le agbalẽ, si woŋlɔ na wo, kple ŋkeke ɖoɖo la nu, eye womada edzi o;

Onani mutuwo Koperani




Ester 9:27
18 Mawu Ofanana  

Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me.


Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi.


Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o.


Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi, eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.


Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi, míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me; afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.


Amedzro si tsɔ eɖokui na Yehowa la megagblɔ be, “Yehowa le ɖe nye ge ɖa le eƒe dukɔ la dome” o. Ŋutsu si wota hã megafa konyi agblɔ be, “Ati ƒuƒu ko menye” o.


Ke hena amedzro siwo ku ɖe Yehowa ŋu be woanye dɔlawo nɛ, woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe. Wo ame siwo katã lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, womegblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye woku ɖe nye nubabla ŋu vevie la,


Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o.


“Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”


Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna.


Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia


Yosua wɔ ŋutifafa ƒe nubabla kple Gibeontɔwo, eye wòna be woatsi agbe. Israelviwo ƒe kplɔlawo do ŋugbe be yewoawɔ ɖe nubabla la dzi.


be ɖetugbiwo nayi aɖanɔ toawo dzi ŋkeke ene ƒe sia ƒe afa konyi le Yefta, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnuvi ta.


Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa