Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 8:16 - Agbenya La

16 Le Yudatɔwo gome ya la, enye dzidzɔ, aseyetsotso, aglotutu kple bubu ƒe ɣeyiɣi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wònye dzɔgbenyuie, dzidzɔ, aseyetsotso kple bubu na: Yudatɔwo.

Onani mutuwo Koperani




Ester 8:16
14 Mawu Ofanana  

“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”


Wowɔ nu sia le nutoawo me le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi. Le ŋkeke wuienea gbe la, wodzudzɔ wo ɖokuiwo, eye wowɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe.


Le viviti me gɔ̃ hã la, kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo, nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu, kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.


Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.


Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim, eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli.


ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe.


Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.


Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli.


Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la, dzidzɔkpɔkpɔ teƒe mekɔna o, ke ne ame vɔ̃ɖi zu fia la, amewo sina bena.


Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ. Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion; woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo. Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa