Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 8:10 - Agbenya La

10 Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Woŋlɔ agbalẽ la le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete, eye wòde agbalẽawo duxɔlawo, siwo nye sɔɖolawo, eye wodo fia ƒe sɔ ɖiduwo la, si ɖo ɖa

Onani mutuwo Koperani




Ester 8:10
13 Mawu Ofanana  

Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt.


eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã.


Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be, “Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu.


Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.”


“Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula, wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee.


Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o.


Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti. Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo, eye woadzi ha akafu Yehowa.


Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene,


“Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene.


Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae.


Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar, Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã. Eme nenyo na mi katã!


Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa