Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 8:1 - Agbenya La

1 Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Gbemagbe fia Axasweros tso Yudatɔwo ƒe ketɔ Haman ƒe aƒe na fiasrɔ̃ Ester. Eye Mardoxai va fia la ŋku me, elabena Ester gblɔ amesi wònye la nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Ester 8:1
12 Mawu Ofanana  

Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me.


Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.


Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene.


Ester ɖo eŋu be, “Míaƒe futɔ kple ketɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia.” Tete vɔvɔ̃ na Haman ɖi vo, eye eƒe mo da tu le fia la kple fiasrɔ̃ la ƒe ŋkume.


Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ.


“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.


Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.


Ame si dzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi to demegaxɔxɔ me la, le kɔ lim nuwo na ame bubu si anyo dɔ me na ame dahewo.


“Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa