Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 7:3 - Agbenya La

3 Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Fiasrɔ̃ Ester ɖo ŋu gblɔ bena: Fia, ne eve nunye, eye ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!

Onani mutuwo Koperani




Ester 7:3
9 Mawu Ofanana  

Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?”


Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe.


Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.


Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.”


Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta.


Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me,


Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta.


ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa