Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 6:4 - Agbenya La

4 Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye fia la gblɔ be Amekae le xɔxɔnua? — Haman ye va fiasã ƒe xɔxɔnu gbãtɔ be, yeagblɔ na fia la be woahe. Mardoxai ɖe ati, si wòtu nɛ la ŋu. —

Onani mutuwo Koperani




Ester 6:4
12 Mawu Ofanana  

“Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu.


Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.


Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?” Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!”


Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.” Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.”


Harbona, fia la ƒe subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Fia bubutɔ, Haman na wotu kadeveti aɖe si kɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃ la ɖe Mordekai, ame si ɖe fia la ƒe agbe la ŋu, ele Haman ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu.” Fia la ɖe gbe be, “Mide ka ve na Haman ɖe kadeveti la ŋu!”


Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.


Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.


be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me, eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa