Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 6:12 - Agbenya La

12 Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Azɔ Mardoxai trɔ va fia ƒe agbo me; ke Haman ɖe abla yi eƒe me, eye wòle nu xam hetsɔ nu tsyɔ ta.

Onani mutuwo Koperani




Ester 6:12
14 Mawu Ofanana  

David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam.


Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.


Ale Israel fia trɔ yi Samaria kple dɔmedzoe kple moyɔyɔ.


Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!


Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!”


Esi nunɔlagã Azaria kple nunɔla bubuawo katã nye kɔ kpɔe la, wokpɔ be edze kpodɔ ɖe ŋgonu eya ta wonyae do goe enumake le gbedoxɔ la me. Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ hã tsi dzi na dodo elabena Yehowa ƒoe vevie.


Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu.


Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”


Esi fia la trɔ gbɔ tso fiasã la ƒe abɔ me hege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la ko la, ekpɔ Haman wòmu dze Fiasrɔ̃ Ester dzi le zikpui legbe si dzi wòdze ŋe ɖo la dzi. Fia la blu be, “Aa! Ɖe wòle asi de ge fiasrɔ̃ la ŋu esi wòli kplim le nye aƒe mea?” Fia la mekpɔ wu nuƒo la nu hafi wova tsɔ nu tsyɔ mo na Haman o.


ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la, ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae?


Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa