Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 6:11 - Agbenya La

11 Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Haman tso awu kple sɔ la, edo awua na Mardoxai, eye wòna wòdo sɔ la to dua ƒe ablɔ me, eye wòle ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui la enye si!

Onani mutuwo Koperani




Ester 6:11
9 Mawu Ofanana  

Le sedede si Fia Darius ɖo ɖa ta la, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo, Setar Bozeni kple wo ŋutimewo wɔ sedede la menyawo dzi kple mo vevi ɖoɖo.


Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!”


Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo.


Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom.


Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã.


Ame si lé be na eƒe gboti nyuie la aɖu eƒe tsetsea eye woade bubu ame si kpɔ eƒe aƒetɔ dzi la ŋu.


Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.


Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi.


Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa