Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 5:8 - Agbenya La

8 Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ne fia la ve nunye, eye ne edze fia la ŋu be, wòana nye nubiabiam, eye wòawɔ nye didi dzi la, ekema, ne fia kple Haman wova kplɔ̃, si magaɖo na wo ŋu la, mawɔ fia ƒe nya la dzi etsɔ.

Onani mutuwo Koperani




Ester 5:8
8 Mawu Ofanana  

Fianyɔnu Vasti hã ɖo kplɔ̃ gã aɖe na nyɔnu siwo nɔ Fia Ahasuerus ƒe fiasã la me ɣe ma ɣi tututu.


Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã!


Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe.


Ale Haman kple Fia Ahasuerus va kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu.


Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia,


Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me,


Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa