Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 4:3 - Agbenya La

3 Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.

Onani mutuwo Koperani




Ester 4:3
20 Mawu Ofanana  

Fia Ahasuerus nye fia ɖe Media kple Persianyigbawo dzi. Eɖu fia ɖe dukɔ alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) dzi, tso India yi keke Kus.


Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete.


“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”


Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o.


Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o.


Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia.


Tete Hiob tsɔ ze kakɛ nɔ ŋuti kum esi wònɔ anyi ɖe afi me.


Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.


Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye mina mɔm mafa avi vevie. Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”,


Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea? Tadede agu abe keti ene, akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ koe nye nutsitsidɔa? Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua?


Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò, woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi, eye woamli le dzowɔ me.


Ale metrɔ ɖe Yehowa, nye Mawu ŋu eye meƒo koko nɛ to gbedodoɖa, kukuɖeɖe, nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔsisi me.


Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me.


woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.


“Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’


Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’


Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.


Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa