Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 4:11 - Agbenya La

11 “Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si.

Onani mutuwo Koperani




Ester 4:11
9 Mawu Ofanana  

eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti.


Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi.


Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be,


Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai,


Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu.


Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume.


Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”


Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo hã minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa