Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 2:7 - Agbenya La

7 Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eya nyi etɔɖia ƒe nyɔnuvi Hadasa, si nye Ester la wòtsi, elabena tɔ kple nɔ megale esi o. Nyɔnuvi la nyo, eye wòdze tugbe. Eye esi fofoa kple dadaa woku la. Mardoxai xɔe wòzu vianyɔnu.

Onani mutuwo Koperani




Ester 2:7
12 Mawu Ofanana  

Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene.


Fia la ɖe gbe na wo be woakplɔ Fianyɔnu Vasti vɛ, wòaɖɔ eƒe fiakuku, ale be ameawo katã nakpɔ eƒe tugbedzedze. Nyateƒe, Fianyɔnu Vasti dze tugbe ŋutɔŋutɔ.


Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.


Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene.


Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ.


nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la, eya ko woagblɔ nya aɖe,


evɔ la tso nye ɖekakpuime ke, menyi tyɔẽviwo abe fofo ene eye tso nye ɖevime ke, mefia mɔ ahosiwo.


Ke, “Manye mia Fofo, eye miawo hã mianye, vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”


Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.


Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa