Ester 2:18 - Agbenya La18 Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191318 Eye fia la tu aglo gãa ɖe na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo, si nye Ester ƒe aglo; ena anyigbawo dzinɔlawo dzudzɔ dɔwɔwɔ, eye wòna nu, abe alesi dze fia ene. Onani mutuwo |
Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo hã.