Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 10:2 - Agbenya La

2 Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eƒe nu gã wɔwɔwo kple nu klitsu wɔwɔwo katã kpakple Mardoxai ƒe ŋkɔxɔxɔ, alesi fia la ɖo gãe la, woŋlɔ wo ɖe Media kple Persia-fiawo ŋɔli ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Onani mutuwo Koperani




Ester 10:2
10 Mawu Ofanana  

Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Agbalẽ si woyɔna be, Solomo ƒe Wɔnawo ƒe Agbalẽ la me.


Woŋlɔ Yeroboam ƒe nuwɔna bubuawo, eƒe aʋawɔwɔwo kple nya bubu siwo dzɔ le eƒe fiaɖuɖu me la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.


Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me.


Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ.


Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom.


Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu.


Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi.


Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò nuɖusi lém ɖe te. Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.


Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa