Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 1:3 - Agbenya La

3 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe Susa fiasã la me. Ekpe bubumewo, fiaŋumewo kple aʋakplɔlawo kple ame ŋkutawo tso Media kple Persia ƒe nutowo katã me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 etu aglo na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo le eƒe ftaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye Persia-ʋakɔwo kple Media-ʋakɔwo, bubumewo kple anyigbawo ɖzikpɔlawo le eŋku me;

Onani mutuwo Koperani




Ester 1:3
16 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ.


Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã.


Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda.


Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me.


Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi (180) sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia.


Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me.


Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar.


Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu.


“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.


Fia Belsazar ɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe ame ŋkuta akpe ɖeka eye wòno wain kpli wo.


“Perez: Woma wò fiaɖuɖu me eye wotsɔe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.”


Edze Darius ŋu be wòatia dumegã alafa ɖeka blaeve be woaɖu dzi le dukɔa me


Agbo dzoevee si nèkpɔ la nye Media fia kple Persia fia.


Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa