Efesotɔwo 6:9 - Agbenya La9 Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Eye mi aƒetɔwo, miwo nusiawo tɔgbe ke na wo; midzudzɔ ŋɔdzidodo, esi miawo hã mienyae be, mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ la le dziƒo, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele egbɔ o la ŋuti. Onani mutuwo |
Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”