Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:3 - Agbenya La

3 “be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 „bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:3
15 Mawu Ofanana  

Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.


Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’


Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”


“Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,


Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.


Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa.


Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm.


Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta.


Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.”


Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.


Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.”


Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo.


eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene.


Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa