Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:23 - Agbenya La

23 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kple xɔse, si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana nɔviawo.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:23
21 Mawu Ofanana  

Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ.


Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.


Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.


Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.


Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi.


Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.


Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.


Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã.


Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la.


Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.


Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã.


O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.


Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso, eye nàɖo asi ŋutsu siwo le nu dada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o,


Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.


Mitsɔ lɔlɔ̃ do gbe na mia nɔewo abe Kristotɔ vavãwo ene. Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me.


Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie, eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume.


Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nuto me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ


“Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa