Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:16 - Agbenya La

16 Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:16
16 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”


Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.


Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.


Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi, eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe.


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


Kpuie ko la, mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ‘Ɛ̃’, eye ‘O’ nanye ‘O’; nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.”


Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase. Ke medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi, nye dɔwɔhatiwo ne meva, menye be mana mialé blanui o.


Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o.


Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa