Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 5:17 - Agbenya La

17 Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 5:17
17 Mawu Ofanana  

Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.


Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme; ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu.


Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu, ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa.


ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu


Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.


“Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o. Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene elabena womenyam o. Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me eye womenya nu nyui wɔwɔ o.”


Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.


Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.


Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’


Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me.


Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa