Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe.
“Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’
be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi.
ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,