Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 4:3 - Agbenya La

3 Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye mido vevie, bene míadzra gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye la ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me!

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 4:3
16 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Israel fiaɖuƒe la ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka nɔ Aʋafia Omri dzi eye akpa evelia nɔ Tibni, Ginat ƒe vi dzi.


eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o.


Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi. Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o.


Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo.


“Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema.


Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.


Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.


va se ɖe esime míewɔ ɖeka le xɔse kple sidzedze Mawu ƒe Vi la me, eye míetsi hede blibo le Kristo me.


Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene.


Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo.


Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa