Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 4:26 - Agbenya La

26 Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 4:26
22 Mawu Ofanana  

Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe, ŋɔ megadzi wò o, elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii.


Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela


Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me.


Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.


Ame ƒe nunya nana wògbɔa dzi ɖi eye ŋutikɔkɔe wònye nɛ ne eŋe aɖaba ƒu dzidada dzi.


Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.


Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.


“Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ la, medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la!


Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.


Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.”


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me,


elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o.


Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa