Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.
Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.