Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 3:5 - Agbenya La

5 Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 3:5
24 Mawu Ofanana  

nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.


Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, nyagblɔɖila geɖewo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele la, gake womete ŋui o.


“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’


Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ.


Nyagblɔɖilawo kple fia siwo nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me, eye yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele, gake womete ŋui o!”


Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’


Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi.


Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye Nyateƒegbɔgbɔ la va la, ana miase nyateƒe ɖe sia ɖe gɔme. Magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu la o, ke boŋ agblɔ nya siwo wòse la ko, eye wòagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi.


Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o.


Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.


Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí.


siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la.


eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me.


Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi kple se si míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela de na mi to miaƒe apostolowo dzi la dzi.


Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa