Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 3:11 - Agbenya La

11 le eƒe ɖoɖo mavɔ si ŋu dɔ wòwɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 le tameɖoɖo, si woɖo ɖi le ŋɔli mavɔwo me, esi nu wowu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la nu,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 3:11
12 Mawu Ofanana  

“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be,


Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be, wòado gbegbe Babilonianyigba ale be ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o.


Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu,


Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti.


Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene.


Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.


Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta.


Le esia ta la, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele gaxɔ me le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta.


Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa