Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 2:22 - Agbenya La

22 Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 2:22
12 Mawu Ofanana  

Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa?


Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o.


Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o,


Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.”


be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me,


Ame siwo wɔna ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme, eye eya hã nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna mí la dzi.


Míenyae bena míele agbe le eya amea me, eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me.


Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa