Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 1:21 - Agbenya La

21 Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 1:21
20 Mawu Ofanana  

Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’


Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o.


Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.”


siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta.


Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me,


Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.


eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me.


To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi.


Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.


Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o.


Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa