Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 1:16 - Agbenya La

16 nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 nyemedzudzɔ akpedada le mia ŋuti o, esime meɖoa ŋku mia dzi le nye kukuɖeɖewo me,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 1:16
11 Mawu Ofanana  

Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me,


O! Yerusalem, meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi. Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o. Mi ame siwo yɔa Yehowa, migagbɔ ɖe eme o,


Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,


Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.


Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe.


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.


Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi.


Wogblɔ na Samuel be, “Mègadzudzɔ kokoƒoƒo na Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía ta o, ale be wòaɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa