eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene.
Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o.
Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.
eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi.