Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 9:7 - Agbenya La

7 Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 9:7
24 Mawu Ofanana  

Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!”


Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta.


Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ, wain hea dzidzɔ vanɛ, eye gae dia nu sia nu kpɔna.


Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu.


Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me.


Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o.


Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.


Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me.


Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”


Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ.


Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi aƒe me, elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòtrɔ dzo yina aƒe me.


ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã.


Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o.


Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.


Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa