Nyagblɔla 9:3 - Agbenya La3 Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19133 Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ. Onani mutuwo |
Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.