Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:3 - Agbenya La

3 Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wò afa megatsɔ nadzo le esia gbɔ o; megaɖo nya vɔ̃ me o; elabena nusianu, si dze eŋu la, awɔe.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:3
13 Mawu Ofanana  

Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”


Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.


Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la eye mègade aglãdzelawo dzi o


koklotsu, gbɔ̃tsu, kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe.


Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.


elabena menya ale si miaƒe dzi me sẽe. Miaƒe kɔwo lia abe gakpo ene, eye miaƒe tagbɔ sẽ abe akɔbli ene,


Wobua anyigbadzitɔwo katã be womele ɖeke me o. Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo kple anyigbadzitɔwo. Ame aɖeke mate ŋu ahe eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”


Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa