Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:16 - Agbenya La

16 Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:16
11 Mawu Ofanana  

“Mewɔ dɔ na wò, ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le zã me, eye nyemedɔa alɔ̃ o.


Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.


Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o.


Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;


Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko.


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la, dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o.


Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku.


Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ?


Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa