Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:10 - Agbenya La

10 Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:10
14 Mawu Ofanana  

Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene?


Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene, ale mezu ze gbagbã.


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã.


Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o; nenema ke ame siwo woava dzi la, maɖo ŋku nu siwo dzɔ do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.


elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.


Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o.


Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.


O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ.


“Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii.


Aʋatsoɖaseɖila siawo va ɖi ɖase le eŋu le ʋɔnua be, “Ame sia ƒe nuƒoƒo tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔe la kple Mose ƒe sewo ŋu ɣe sia ɣi.”


Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la, nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa