Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 7:7 - Agbenya La

7 Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena sesẽnuɖuɖu doa bometsila nunyalawo, eye zãnunana gblẽa dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 7:7
14 Mawu Ofanana  

“Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti.


Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme be wòatrɔ nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi.


Zãnu nye kpe xɔasi na ame si nae, afi sia afi si wòayi la, edzea dzi nɛ.


Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.


Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame.


Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui.


Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.


Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.


Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso.


Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ.


Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”


Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo?


Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa