Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 7:25 - Agbenya La

25 Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye metrɔ hetsɔ tame ɖo anyi, be madze si nunya kple tamebubu, madzro eme, eye madii, ne manyae be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la bometsitsi wònye, eye lãnyenye la aɖaʋadzedze wònye.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 7:25
17 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o.


Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o.


Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me.


Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la, nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi.


Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi.


Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe!


Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;


Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu,


Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye, woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be woanya ɖoɖo si le nuwo me.


“Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa