Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 6:6 - Agbenya La

6 Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye nenye ƒe akpe eve wona agbe, ke meɖu agbe o la, ɖe menye teƒe ɖeka wo kam woyi oa?

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 6:6
18 Mawu Ofanana  

Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku.


hedo gbe ɖa be, “Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me, eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo. Yehowae na eye Yehowae gaxɔe; woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”


Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.


O Mawu, ɖo ŋku edzi be, nye agbe la, ƒuƒu ko wònye, nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.


Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe, eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la,


nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ.


Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.


Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu,


Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe,


makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o.


Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.


Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.


“Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la maganɔ afi ma o. Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la abe ɖekakpui ene, eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui nɛ abe fiƒode ene.


Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me, alo woade agble ame bubu naɖu o, elabena abe ale si ati tsinae ene la, nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ. Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe.


Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o. Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.”


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa