Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 6:11 - Agbenya La

11 Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena nya geɖe li, si dzia toflokonyenye ɖe edzi, ke viɖe ka amegbelɔ kpɔna tsoe eme?

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 6:11
13 Mawu Ofanana  

Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene.


Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;


Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko!


Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.


Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.


Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?


Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa